Romans 6

Míeku na nu vɔ̃, míele agbe le Kristo me

1Enyo, ekema ɖe wòle be míanɔ nu vɔ̃ wɔwɔ dzi ale be Mawu nate ŋu anɔ nublanuikpɔkpɔ kple nu vɔ̃ tsɔtsɔke dzia?

2Gbeɖe! Esi míeku na nu vɔ̃ la ale ke wɔ míaganɔ agbe le nu vɔ̃ me mahã? 3Alo ɖe mienyae be mí ame siwo katã wode mawutsi ta na le Kristo Yesu me la, wodee na mí ɖe eƒe ku me oa? 4Esi wòku la, woɖi miaƒe nu vɔ̃ lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme xoxo la kplii to mawutsideta me. Esi Mawu, Fofo la, fɔe ɖe tsitre to eƒe ŋusẽ me la, wotsɔ agbe yeye wɔnuku sia na mi.

5Elabena miezu eyama ƒe akpa aɖe eya ta mieku kplii esi wòku. Azɔ la, miekpɔ gome le eƒe agbe yeyea me eye miatsi tsitre abe eya ke ene. 6Woklã miaƒe dzodzro vɔ̃ɖi xoxoawo ɖe atisoga la ŋu kplii. Wode kubi miaƒe nɔnɔme si lɔ̃a nu vɔ̃ wɔwɔ la ŋu ale be miaƒe ŋutilã si lɔ̃a nu vɔ̃ wɔwɔ la, megale nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ te loo alo ganye kluvi na nu vɔ̃ o. 7Elabena esi mietsri nu vɔ̃ ko la, mievo tso ŋusẽ si nu vɔ̃ ƒe amebeble kpɔ ɖe mia dzi tsã la me. 8Eye esi miaƒe nɔnɔme si me nu vɔ̃ lɔlɔ̃ yɔ la “ku” kple Kristo la, míenya be míakpɔ gome le eƒe agbe yeyea me. 9Kristo fɔ tso ame kukuwo dome eye magaku akpɔ o. Ku megakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o. 10Eku zi ɖeka ko be yeaɖe nu vɔ̃ ƒe ŋusẽ ɖa, ke azɔ la, ele agbe le hadede mavɔ me kple Mawu tegbetegbe. 11Eya ta mibu miaƒe nɔnɔme xoxo si lɔ̃ nu vɔ̃ wɔwɔ la abe ɖe wòku eye nu vɔ̃ megakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe edzi o ene, ke boŋ minɔ agbe na Mawu eye mianɔ ŋudzɔ nɛ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ la, me.

12Migana nu vɔ̃ nakpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe ŋutilã dzi azɔ o, eye migana nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo naɖu mia dzi o. 13Migana miaƒe ŋutilã ƒe akpa aɖeke nazu dɔwɔnu na vɔɖivɔ̃ɖinyenye o, ke boŋ mitsɔ miaƒe ŋutilã ƒe akpa ɖe sia ɖe na Mawu le goawo katã me, elabena miefɔ tso ku me eye miedi be yewoazu ŋudɔwɔnu le Mawu ƒe asime, be wòawɔ mia ŋudɔ hena eƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ. 14Mele be nu vɔ̃ naganye miaƒe dziɖula o, elabena azɔ la, miegale se siwo kplɔ mi le esime mienya nu vɔ̃ ƒe kluviwo la te o, ke mievo azɔ esi miele Mawu ƒe amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ te.

Kluviwo na dzɔdzɔenyenye

15Ɖe esia le fiafiam be azɔ la, míate ŋu ayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi eye míagatsi dzi le eŋu oa? Gbeɖe! Elabena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ meku ɖe sedziwɔwɔ ŋu o, ke boŋ eku ɖe Mawu ƒe amenuveve ŋu.

16Ɖe miedze sii be yewoate ŋu atia Aƒetɔ na yewo ɖokui oa? Miate ŋu atia nu vɔ̃ eye ku akpe ɖe eŋu alo miate ŋu atia toɖoɖo eye tsɔtsɔke akpe ɖe eŋu. Wo dometɔ si mietsɔ mia ɖokuiwo na la, eyae axɔ mi eye wòanye miaƒe aƒetɔ eye miawo mianye eƒe kluviwo. 17Mida akpe na Mawu be togbɔ be mietia tsã be yewoanye kluviwo na nu vɔ̃ hã, azɔ la, mietsɔ miaƒe dzi blibo xɔ nufiafia si Mawu tsɔ na mi. 18Azɔ la, mievo tso miaƒe aƒetɔ xoxoa si nye nu vɔ̃, sime eye miezu kluviwo na miaƒe aƒetɔ yeyea si nye dzɔdzɔenyenye.

19Mele nu ƒom alea eye metsɔ kluviwo kple aƒetɔwo le kpɔɖeŋu ɖom elabena wo gɔmesese le bɔdɔe. Abe ale si mienye kluviwo tsã na nu vɔ̃ vovovowo ene la, nenema kee wòle be miatsɔ mia ɖokuiwo awɔ kluviwo azɔ na nu siwo katã nyo eye wole kɔkɔe.

20Le ɣemaɣi esi mienye kluviwo na nu vɔ̃ la, mietsi dzi ɖe nyuiwɔwɔ ŋu tututu o. 21Nu kae do tso eme? Eme kɔ ƒãa be nyui aɖeke medo tso eme o, elabena ŋu le mia kpem fifia le nu siwo miewɔna tsã la ŋububu gɔ̃ hã ŋu, elabena nu mawo katã kplɔ mi yi tsɔtsrɔ̃ mavɔ me. 22Ke azɔ la, mievo tso nu vɔ̃ ƒe ŋusẽtenɔnɔ me. Miezu kluviwo na Mawu eye kɔkɔenyenye kple agbe mavɔ le viɖe siwo miakpɔ tso Mawu gbɔ la dome. 23Elabena nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke Mawu ƒe amenuveve ƒe nunanae nye agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ la me.

Copyright information for EweBEE